James 5

Nuxɔxlɔ̃ kesinɔtɔ ŋutasẽlawo

1Azɔ la mi kesinɔtɔwo, miɖo to afii, mido ɣli eye mifa avi, le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta. 2Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ. 3Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me. 4Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me eye miegbe fexexe na wo la, le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo tome na Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ la. 5Mienɔ xexeamae le agbeɖuɖu blibo me eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam. 6Miebu fɔ amewo eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tre ɖe mia ŋu o.

Dzidodo le fukpekpe me

7Eya ta, nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒa vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi. 8Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖii eye mianɔ tsitre sesĩe elabe Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ. 9Nɔviwo, migalĩ liʋiliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.

10Nɔviwo, mina Nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me. 11Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe. 12Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye kple anyigba loo dziƒo alo nu bubu aɖeke o. Miaƒe ẽ nanye ẽ eye miaƒe o nanye o, nemenye nenema o la miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.

Xɔse ƒe gbedododa

13Mia dometɔ aɖe le fu kpena? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo. 14Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 15Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee. 16Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna eye wòwɔa dɔ. 17Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi nagadza o, eye tsi medza o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. 18Emegbe la egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu eye tsi dza ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo. 19Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ eye ame aɖe kplɔe gbɔe la, 20nenya esia be: ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la, aɖee tso ku me eye woatsɔ nu atsyɔ nu vɔ̃ gbogbɔ aɖewo dzi.

Copyright information for EweBEE